GEC Hymn 77
Stanza 1
Mawudɔlawo dzi ha
Na fia yeye, si wodzi:
Kafukafu na Mawu,
Fafa nava ‘nyigba dzi!
Stanza 2
Mi duawo, dzi nedzɔ mi
Hekpe ɖe dɔlawo ŋu!
Minɔ gbeƒã ɖem bena:
Wodzi ɖela la na mí!
Stanza 3
Yesu Kristo mavɔtɔ
‘Ya va do na mí azɔ;
‘Ya nye Mawu tenuvi,
Si ɖetugbi dzadzɛ dzi.
Stanza 4
Dziƒofia, si wodzi la,
Enye xexeme ƒe ɣe.
Ŋutikɔkɔe kple agbe
Wònaa ame siwo ku.
Stanza 5
Egblẽ ŋutikɔkɔe ɖi,
Va zu ame ɖe mía ta;
Wodzii be, amegbetɔ
Nagaku ku mavɔ o.
Stanza 6
Midzi ha kple dɔlawo,
Mikafu fia, si va dzɔ!
Kafukafu na Mawu,
Fafa nava ‘nyigba dzi!