GEC Hymn 74
Stanza 1
Dzidzɔŋɔli, dzidzɔŋɔli!
Etsɔ dzidzɔ gã ‘ɖe vɛ.
Amewo katã kpɔ dzidzɔ
Le Kristoha gã la me.
Kafukafu woana Mawu!
Ŋutifafa nanɔ amewo dome!
Wodzi Aƒetɔ ɖela na mí,
Le David ƒe du la me.
Stanza 2
Bosomikaɖi le bibim,
Dzidzɔti la le keklẽm,
Eye ‘ƒe keklẽ la kata
Yɔ míaƒe dziwo me keŋ.
Kafukafu woana Mawu!
Ŋutifafa nanɔ amewo dome!
Wodzi Aƒetɔ ɖela na mí,
Le David ƒe du la me.
Stanza 3
Ke dzidzɔ sia yina kaba,
‘Kaɖi hã tsina babla!
Yesu ko ate ŋu ana
Dzidzɔ mavɔmavɔ la.
Kafukafu woana Mawu!
Ŋutifafa nanɔ amewo dome!
Wodzi Aƒetɔ ɖela na mí,
Le David ƒe du la me.