GEC Hymn 68
Stanza 1
Migblɔ na Zion be:
Kpɔ ɖa wò fia gbɔna!
Miva dzi ha viviwo nɛ,
Le dzidzɔ kɔkɔe me!
Stanza 2
Mawu ƒe tenuvi,
Eya wòtsɔ na mí!
Eva be subɔla ene,
Be yeaɖe dɔlawo.
Stanza 3
Wò, Zion vi, tsi ‘tre;
Nàkpe wò fia gã la!
Mègana wò dzi nado vlo
‘Ƒe ŋutifafa o!
Stanza 4
Gbe ɖeka agava,
Le aliliwo dzi;
‘Ƒe ɖɔla kɔkɔewo katã
Woakpɔ dzidzɔ l’e-ŋu.
Stanza 5
Hafi ŋkekea naɖo,
Dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ;
Ðe ame xoxo la ɖa keŋ,
Nàdo ame yeye!
Stanza 6
Ŋutikɔkɔe woana
Mía Mawu le dziƒo,
Fofo, Vi kpakple Gbɔgbɔ la,
Le ɖekawɔwɔ me.