Stanza 1
Luʋɔnye, azɔ fɔ!
Ʋuʋu wò vɔvɔ̃ ɖa!
Ʋu kɔkɔe vɔsasa
Le dziƒo ɖe tanye.
Yesu le Mawu zikpui ŋgɔ,
Afi si wòɖo ŋku dzinye.
Stanza 2
Ele agbe tegbee,
Le tanye ʋlim vevie;
Edi bena yeaɖem
To ‘ƒe ʋu kɔkɔe me.
‘Ƒe ʋu xe mí katã ƒe fe,
‘Ye wòhlẽ ɖe zikpui la ŋu.
Stanza 3
Exɔ abi atɔ̃
Le Golgata to dzi,
Siwo le kuku ɖem
Ðe tanye vevie ŋtɔ.
Wòle ɣli dom be: Tsɔe kee ko!
Vɔ̃wɔla sia nagaku o!
Stanza 4
Wolè avu Mawu,
Mese ‘ƒe gbe vivi,
Exɔm abe via ‘ne;
Nyemavɔ̃ gbeɖe o.
Mava egbɔ kple dzideƒo
Eye mayɔe be Fofonye!