Stanza 1
Wò agba la le kpewòma?
Èkpɔ dzudzɔƒea?
Am’a-ɖe gblɔ be: Va gbɔnye,
Nàdzudzɔ!
Stanza 2
Dzesi le esi, si makpɔ,
Be akplɔm mahã?
Ɛ̃, wole eƒ’a-xa, afɔ
Kpl’a-siwo.
Stanza 3
Ðe wòɖɔ fiakuku aɖe,
Abe fia enea?
Ɛ̃, eɖɔ fiakuku vavã,
Si nye ŋu.
Stanza 4
Ne mekpɔe dze ‘yome nyuie la,
Fetu ka maxɔ?
Konyifafa kple hiãtume
Kple fu hã.
Stanza 5
Ne meku ɖe Yesu ŋu la,
Nu ka mava kpɔ?
Màɖu futɔwo katã dzi,
Àd’a-ƒe.
Stanza 6
Ne mebia xɔxɔ tso ‘gbɔ la,
Ðe wòagbe mahã?
Gbeɖegbeɖe, ya magbe o,
Axɔ wò.
Stanza 7
Ne medze eyome nyuie la,
Anyo nam mahã?
Ame siwo ke ɖu dzi la,
Gblɔ be: Ɛ̃!