Stanza 1
Menye xɔlɔ̃ vevi,
Si Mawu dɔ ɖa la,
Eƒ’a-melɔlɔ̃ sɔŋ dɔe,
I: Be newòava kpɔm ɖa. :I
Stanza 2
Medoa dɔmedzoe nɛ
Gbea wo tsyo gbe ŋutɔ;
I: Gake la elɔ̃am vevie,
Nye nu vɔ̃ wɔla gã. :I
Stanza 3
Ekpɔa nye veve ɖa,
Enyaa nye nuxaxa,
I: Etsɔa nye nu vɔ̃ keam ɖaa,
Eye wòfaa ‘kɔ nam. :I
Stanza 4
Matsɔ ɖokuinye nɛ
Agbeme kple kugbe;
I: Gbea ɖe gbe ana makpɔ
Agbe mavɔmavɔ :I
Stanza 5
Xɔlɔ̃ kae nye sia ma?
Yɔ eƒe ŋkɔ la nam!
I: Eŋkɔ nye Ɛ̃ kple Amen,
Yae nye Yesu Kristo :I