Stanza 1
Dziƒo kpakple anyigba,
Ƒu gã la kple dziya hã
Le wo wɔla gã kafum;
Nye luʋɔ hã le kafum
Stanza 2
Mikpɔ ɣe kpakple ɣleti
Kple ɣletiviwo keklẽ!
Wogblɔa Mawu ŋuti nya
Kafua mía wɔla ɖaasi.
Stanza 3
Anyigba ƒ’atyɔ̃nuwo,
Gbe, ave kple agble hã
Kpakple lãwo ƒe ha gã
Ðea eƒe nunya gbe ƒã
Stanza 4
Mikpɔ dziƒoxewo ɖa!
Woɖea ƒe bubu fiana
Dzikedzo kple dziɖegbe
Bena: Mivɔ̃ Mawu hee!
Stanza 5
Lãwo kple nukunu gã,
Siwo gale ƒu me hã,
Xlɔ̃a nu mí vevie bena:
Míkpɔ Mawu ŋusẽ ɖa!
Stanza 6
Wò, nye Mawu ŋusetɔ,
Woewɔa nukunu ŋutɔ.
Nye luʋɔ kple ŋutilã
Nado wò ɖe dzi vavã!