GEC Hymn 130
Stanza 1
Yesu ɖua fia; dɔlawo hã,
Midze klo ɖe eŋgɔ!
I: Mawu ɖoe fiawo dzi fiae
Le dzi kple anyigba :I
Stanza 2
Dukɔ katã ameha gã,
Mide ta agu nɛ!
I: Mikafui, mitso aseye
Na fiawo dzi fia la! :I
Stanza 3
O na míazɔ, be míava nɔ
Ha ma me gb’a-aɖe gbe
I: Adzi ha le mavɔ me be
Fiawo dzi fia nènye! :I