GEC Hymn 125
Stanza 1
Kpɔ mavɔfiakuku kɔkɔe
Le nye ɖela kpl’a-ƒetɔ ta!
Esi wòtsɔ xɔxɔ vɛ nam
Heŋlɔ agbenyawo ɖo ɖem.
Stanza 2
Dzodzro nye dzitsinya dahe
Dia sitsoƒe, wòadzudzɔ le.
Mía gbɔgbɔ kple dzi gbagbã ŋe,
Se ɖe míakpɔ wò ɖeka ko.
Stanza 3
Wò nyateƒe yayrawo nyo,
Wò sededewo le kɔkɔe,
Wò ŋugbedodo nye vavã,
Li ke mía gbɔgbɔ la sesiẽ.
Stanza 4
Ðe nu si amewo gblɔna,
Nadze dzinye kple ŋɔdzi gã?
Mabu wo nu dzodzrowo ko,
Wò nya pɛ ko nɔa ‘nyi ɖikaa!