GEC Ewe Hymn 175
Stanza 1
O na xɔxɔ ƒe dzo la nabi,
Wò si yɔ fu kple lɔlɔ̃ la,
Be xexea me nadze sii kaba,
Be wòe nye Mawukpakpa fia!
Dzo la le bibim xoxo ɖe dzi
Le ɣedzeƒe kple todoƒe
Na alẽvi, si ku ɖe miata,
Woatso aseye ɖe ŋuwò.
Stanza 2
Nàgblɔ agbe xexeame lali,
Kple emenɔlawo katã
Eye nàfia dukɔ ɖe sia ɖe,
Bena woe nye woƒe xɔla!
Ekem ameha manyaxlẽwo
Woadze dzidzɔha viyiwo,
Eye anyigbadzinɔlawo
Adze klo asubɔ wò ɖaa
Stanza 3
Nyɔ wò hame blibo la kple dzo
Kple ame ɖekaɖekawo,
Eye na ɖe sia ɖe nadze sii,
Bena xɔxɔ la tu aƒe!
Bla nu siwo kaka la sesiẽ,
Keke wò fiaɖuƒe ɖe nu;
Na wò kekeli naklẽ na mi
Ðe míaƒe mɔwo katã dzi!