GEC Ewe Hymn 151
Stanza 1
Hamea ƒe gɔmeɖoɖo
Enye Yesu Kristo,
Eƒe nuwɔwɔ yeyee,
To tsi kple nya la me.
Eɖi tso dziƒo va dii,
Wòanye ŋugbetɔ nɛ;
Etsɔ ye ŋ’tɔ ƒe ʋu ƒlee,
Eku be yeana ‘gbee.
Stanza 2
Afi sia ‘fi wòtiae tsoe,
Ke hame ɖeka koe.
Aƒetɔ, xɔse, dzidzi
Ðeka ma koe le ‘si;
Ŋkɔ kɔkɔe ɖeka le ‘ŋu,
Nuɖu kɔkɔe ɖeka,
Kpakple ame kɔkɔewo
Na yayra gãtɔwoe.
Stanza 3
Hame gã sia wɔ ɖeka
Kple Mawu le dziƒo
Kpakple ame kɔkɔewo
Le dzudzɔ mavɔ me.
Ŋutifafa li na wo!
Aƒetɔ, va mía nu,
Be míawo hã míate ŋu
Ava gbɔwò le dzi!