GEC Ewe Hymn 150
Stanza 1
I: Nàyi ŋgɔ! :I
Zion, nàyi ŋgɔ ɖaa he!
Mègagblẽ gbãlɔlɔ̃ ɖi o;
Na wò akaɖi nabi,
Di agbetsidzidzi la ko!
Zion yi ɖe agbo bii la me!
I: Nàyi ŋgɔ! :I
Stanza 2
I: Do dzi ko! :I
Zion, mègasi dzudzu,
Ŋɔdzi, fu kple vlododo o!
Do dzi halase ku me!
Woana agbefiakuku wò.
Zion, ne abosam wɔ fu wò,
I: Do dzi ko! :I
Stanza 3
I: Galɔ̃ o :I
Zion, mègalɔ̃ vɔ̃ o!
Nu, si ke kplɔ wò tra mɔe la,
Mègalɔ̃ dzidzɔ sia o!
Nɔ ŋudzɔ, nàdo gbe ɖa ko!
Zion, ne xexeame ble wò la,
I: Galɔ̃ o :I
Stanza 4
I: Doe kpɔ nyuie! :I
Zion, do gbɔgbɔwo kpɔ!
Ne woyɔ wò l’a-fi sia ‘fi
Mègaɖo to ɖeke o;
Wò ɣletivi ko nakplɔ wò!
Zion, tsri nu gɔglɔ̃ kple nu vɔ̃!
I: Doe kpɔ nyuie! :I
Stanza 5
I: Ge ɖe me! :I
Zion, ge ɖe Mawu me!
Xɔ Gbɔgbɔ kpl’a-gbe ƒe ŋusẽ,
Ne nàzu ame gbagbe;
Mèganye ame kuku o!
Zion, ge ɖe eme kple ŋusẽ!
I: Ge ɖe me! :I
Stanza 6
I: Zu blibo! :I
Zu blibo le lɔlɔ̃ me!
Wò nɔvilɔlɔ̃ nasẽ ŋu!
Wɔ ame, si tia wò la,
Ƒe lɔlɔ̃nu nyateƒetɔe!
Le dɔ nyui wɔwɔwo katã me,
I: Zu blibo! :I
Stanza 7
I: Wɔ kalẽ! :I
Zion, lé dzi ɖe ƒo ko,
Bene nàgawɔ kuvia o!
Fɔ, fexexeɣi la ɖo!
Tso, ne nàgatsi megbe o!
Zion, le aʋawɔwɔ mlɔɛa me,
I: Wɔ kalẽ! :I