GEC Ewe Hymn 146
Stanza 1
Gbɔgbɔ tso Tɔ kple Via gbɔ,
Wɔ nye dzi wò dziɖuƒe!
‘Le si srɔ̃lawo xɔ wòe,
Nenema nànye tɔnyee!
Stanza 2
Kekeli ƒe Gbɔgbɔ la,
Dzi nye xɔse ɖe dzi ɖaa,
Ne mabla kple Kristo nyuie
Atse lɔlɔ̃ ƒe kuwo!
Stanza 3
Mawusubɔ Gbɔgbɔ la,
De vevidodo menye,
Ne mado gbe vavã ɖa,
Si Mawu nase nam hã!
Stanza 4
Dzadzɛnyenye ƒe Gbɔgbɔ!
Ne tetekpɔwo ƒo xlãm,
Ekem nàdo ŋusẽm ɖaa,
Ne maʋli dziɖuɖu la!
Stanza 5
Kɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ,
Klẽ ɖe menye vevie bla,
Ne makpɔ Yesu nyuie wu,
Akpɔ Mawu ƒe fafa
Stanza 6
Mɔkpɔkpɔ ƒe Gbɔgbɔ la,
Wɔm dziƒo domenyila,
Na madzɔ dzi le mewò
Le mɔkpɔkpɔ gbagbe me!