GEC Ewe Hymn 141
Stanza 1
Aƒetɔ, wòe gblɔe ɖi bena:
Yeadɔ tsidzadza nyui ɖa,
Tsi, si agbɔ ‘gbe anyigba,
Nàhlẽ tsi sia ɖe dzinye
De dzinye, ɖe dzinye
Nàhlẽ tsi sia ɖe dzinye!
Stanza 2
Aƒetɔ, ɖe nàto ŋunyea
Nye nublanuitɔ gãtɔ?
O se nye nublanuigbe dzro,
Trɔ ɖe ŋutinye nàkpɔm,
Trɔ nàkpɔm, trɔ nàkpɔm,
Trɔ ɖe ŋutinye nàkpɔm!
Stanza 3
Yesu lɔlɔ̃, kpɔ nublanui
Na nye luʋɔ dahe la;
Esia nye wò lɔlɔ̃nu hã,
Klɔ ŋutinye keŋ maɖi!
Klɔm maɖi, klɔm maɖi,
Klɔ ŋutinye keŋ maɖi!
Stanza 4
O Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si dza la,
Nàde ŋusẽ nye dzi me;
Wò ko, èfia dziƒomɔ mí,
Kɔ wò ŋusẽ ɖe menye,
Ðe menye, ɖe menye,
Kɔ wò ŋusẽ ɖe menye.
Stanza 5
Aƒetɔ, wò si yayra le,
Hem ɖe ŋutiwò kpokploe;
Aƒetɔ, wòe yraa tɔwòwo,
Yra nye hã, tɔwò menye!
Yra nye hã, yra nye hã,
Tɔwò menye, yra nye hã!