GEC Ewe Hymn 140
Stanza 1
Mawu, wò Gbɔgbɔ la nànam.
Esi Viwò lɔlɔ̃a
Nyateƒetɔ la do ŋugbe
I: Tso dziƒofiazi dzi! :I
Stanza 2
Na nye dzi, si ŋu Gbɔgbɔ kɔ,
Nanye wò gbedoxɔ!
Ekem mavo tso nu vɔ̃wo
I: Kple fiƒodea hã me. :I
Stanza 3
Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana
Dziƒonunya vavãm,
Ne manye wò Yesu Kristo
I: Tenɔla vavã ɖaa! :I
Stanza 4
Wò, nyateƒe Gbɔgbɔ la, kplɔm
Ðe nyateƒe me keŋ,
Nàna hehem ɖaa gbe sia gbe
I: Ðe Mawu ko ŋuti! :I