Hymn 5
Ps.51:12; Mat.5:8; Yoh. I 3:2
6.6.8.6
E.Y Tawia d.g. 1993.
1
Dzime dzɔdzɔe tɔwo
Woawoe akpɔ Mawu;
Dziƒonu nyuiwo nye wo tɔ;
Kristo anɔ wo me.
2
Aƒetɔa ɖi tso dzi,
He ŋutifafa vɛ,
Le bɔbɔɖeanyi gã me,
Abe kpɔɖeŋu ‘ne.
3
Etsɔ eɖokui ke
Luʋɔ blanuitɔwo
Bena fiaɖuƒe la nasu
Dzɔdzɔetɔwo katã.
4
Aƒetɔ, va mía gbɔ,
Nàhe yayra hã vɛ;
Nà mía dzime nakɔ ɖaa si
Nàwɔe nɔwòƒe nyui.