Hymn 3
Rom. 5:8; Kol. 3:13
8.6.8.6
Frank Kofi Nyaku d.g. 1993.
1
Amenuveve kple lɔlɔ̃
Klẽ le wò zɔzɔ me.
Dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ sɔŋ le
Wò agbe kple ku me.
2
Agba kple vevesese nɔ
Wò dzime ɣesiaɣi;
Gake nya vɔ̃ɖi aɖeke
Medo le nuwò o.
3
Wò futɔwo nya do vlo wò
Xɔ̃wòwo gblẽ wò ɖi.
Ètsɔ nu vɔ̃wo katã ke,
Lɔlɔ̃ sɔ̃ŋ yɔ mewò.
4
O, wò lɔlɔ̃dzi ma tɔgbi
Nanɔ míawo hã me.
Míagabu mía ɖokui ŋu o,
Míatsɔ nu vɔ̃ ake.
5
O, na be mí katã míakpɔ
Amenuveve ma.
Kple lɔlɔ̃ si nɔa ame, si
Wɔa ɖeka kpli wò me.